Romans 9

Israel ƒe domenyinyi

1Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemada alakpa aɖeke o eye nye dzitsinya le ɖase ɖim le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me 2be mele nu xam ŋutɔ eye mele vevesese gã aɖe me le nye dzime. 3Elabena anyo nam wu be woabu fɔm eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Yudatɔwo, nakpɔ ɖeɖe.

4Woawo tɔe nye vinyenye la, woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔ me subɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo. 5Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee! Amen.

6Ekema ɖe Mawu gbe ŋugbe siwo wòdo na Yudatɔwo la dzi wɔwɔa? Ao! Elabena edo ŋugbe siawo na ame siwo nye Yudatɔ akuakuawo. Ke menye ame sia ame si wodzi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒome me lae nye Yudatɔwo akuakuawo o. 7Be wodo tso Abraham me ɖeɖe ko mewɔ wo Abraham vi vavãwo o. Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be ŋugbedodo siawo li na Abraham vi Isak kple Isak ƒe dzidzimeviwo ko, togbɔ be vi bubuwo nɔ Abraham si hã. 8Esia le fiafiam be menye Abraham viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe.

9Elabena Mawu do ŋugbe be, “Mana viŋutsuvi wò kple Sara le ƒe si gbɔna me.”

10Menye esia ɖeɖe ko o, ke Rebeka ƒe venɔviawo fofoe nye mía tɔgbui Isak. 11Hafi ne woadzi venɔvi siawo alo venɔvi siawo nawɔ nane, nyui alo vɔ̃ la, bena Mawu ƒe tameɖoɖoɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu, 12ke menye le dɔwɔwɔ aɖeke nu o, ke boŋ tso ame si yɔa ame gbɔ la wogblɔ na Rebeka be, “Tsitsitɔ la azu subɔla na ɖevitɔ la.” 13Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Mayra Yakɔb, ke menye Esau o.”

14Ɖe Mawu wɔ nu madzɔmadzɔa? Gbeɖe! 15Elabena Mawu gblɔ na Mose be, “Ne medi be mave ame aɖe nu la, mawɔe eye makpɔ nublanui na ame sia ame si medi be makpɔ nublanui na.” 16Ale womenaa Mawu ƒe yayra ame elabena amea di be woayra ye alo ku kutri be yeaxɔ yayra la o. Wonaa yayra siawo elabena Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòdi be yeakpɔ nublanui na.

17Farao, Egipte fia, nye kpɔɖeŋu le go sia me. Elabena Mawu gblɔ nɛ be yetsɔ Egipt fiaɖuƒea nɛ ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ si tsi tsitre ɖe eŋu la afia, ale be xexeame katã nase nu tso ye Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu. 18Ale miekpɔ be Mawu nyo dome na ame aɖewo elabena edi be yeanyo dome na wo eye wònaa ame aɖewo sẽa dzime. 19Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ wo le woƒe tomaɖomaɖo ta? Ɖe womewɔ nu si wòɖo na wo be woawɔ oa?

20Ao, mègagblɔ nenema o! Ame kae nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu Mawu? Ɖe ame aɖe ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla be, “Nu ka ta nèwɔm alea mahã?” 21Ne ame aɖe tsɔ tsu me ze aɖe la, ɖe mɔɖeɖe meli be zemela la natsɔ tsu ma ke ame kplu nyui aɖe si me woatso seƒoƒo ade eye wòame kplu bubu si me wòatsɔ gbeɖuɖɔwo akɔ ɖo oa? 22Nu ka adzɔ nenye be Mawu ame si lɔ̃, ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la, gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe? 23Alo ewɔ esia be yeaɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe ŋutikɔkɔe la, 24mí ame siwo hã wòyɔ, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ tso Trɔ̃subɔlawo hã domea? 25Mieɖo ŋku nu si Hosea ƒe nyagblɔɖi gblɔ la dzia? Afi mae Mawu gblɔ le bena yeadi vi bubu siwo metso Yuda ƒomea me o la na ye ɖokui eye yealɔ̃ wo togbɔ be ame aɖeke melɔ̃ wo kpɔ o hã. 26Wogblɔ le Trɔ̃subɔlawo ŋu tsã be, “Menye nye amewo mienye o.” Azɔ la, woayɔ wo be, “Mawu Gbagbe la ƒe viwo.”

27Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ tso Yudatɔwo ŋu be, togbɔ be woade ame akpe akpewo hã la, wo dometɔ ame ʋe aɖewo koe akpɔ ɖeɖe. 28“Elabena Aƒetɔ la atso nya me tso anyigba dzi ŋuti, awu eƒe wɔnawo nu kaba kple dzɔdzɔenyenye.”

29Yesaya gagblɔ le teƒe aɖe be na menye Mawu ƒe amenuveve tae o la, woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, ame sia ame, abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame le Sodom kple Gomora ene.

Israel ƒe dzimaxɔse

30Nya kawo míagblɔ tso nu siawo ŋu? Nu si míagblɔ koe nye be Mawu na mɔnukpɔkpɔ Trɔ̃subɔlawo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be womenɔ Mawu dim vevie o hã. 31Ke Yudatɔwo, ame siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ me la, mete ŋu dze Mawu ŋu o. 32Nu ka tae? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me eye yewoanɔ agbe nyui le esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe teƒe. Wokli kpe gã la dze anyi. 33Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be, “Metsɔ Agakpe aɖe da ɖe mɔ me na Yudatɔwo. Ame geɖewo akli Agakpe sia, si nye Yesu, eye woadze anyi. Ame siwo axɔ edzi se la, ŋu makpe wo gbeɖe o.”

Copyright information for EweBEE